John 21

Yesu ɖe eɖokui fia eƒe nusrɔ̃la adre

1Emegbe la, Yesu gaɖe eɖokui fia eƒe nusrɔ̃lawo le Tiberias ƒua nu. 2Eva dzɔ bena, Simɔn Petro, Toma Venɔvi la, Nataniel si tso Kana le Galilea, kple Zebedeo viwo hekpe ɖe nusrɔ̃la eve bubu ŋu, nɔ ƒuta. 3Simon Petro gblɔ bena, “Meyina tɔƒo.” Tete wo katã gblɔ be, “Míayi kpli wò.” Ale wodze mɔ yi ɖage ɖe tɔdziʋua me gake womeɖe lã aɖeke le zã ma me o. 4Le ŋdi la, Yesu nɔ tsitre ɖe ƒua ta gake nusrɔ̃lawo menyae be Yesue ma o.

5Yesu do ɣli bia be, “Xɔ̃nyewo, mieɖe lã aɖea?”

Woɖo eŋu be, “Ao, mieɖe naneke o.”

6Egagblɔ bena, “Mida miaƒe ɖɔ la ɖe ʋua ƒe nuɖusime lɔƒo eye miaɖe lã” Wowɔ ɖe eƒe gbe dzi eye nyateƒe woɖe lã fũ ale gbegbe be womete ŋu hee de ʋua me gɔ̃ hã o.

7Azɔ nusrɔ̃la si Yesu lɔ̃na vevie la gblɔ na Petro bena, “Kpɔ ɖa, Aƒetɔ lae!” Esi Petro se nya sia ko la, etsɔ eƒe awu do kaba elabena avɔ kakɛ aɖe koe wòsa ɖe ali, eye wòdzo dze tɔa me doo, heƒu tsi va gota. 8Ke mí ame mamlɛawo la, míetsi ʋua me he ɖɔa va gota elabena gota anɔ abe meta alafa ɖeka ko ene. 9Esi míeɖo gata la, míekpɔ be wodo dzo ɖe afi ma, lã meme nɔ edzi, eye abolo hã kpe ɖe eŋu.

10Yesu gblɔ na wo bena, “Mitsɔ lã si mieɖe fifia la ƒe ɖe vɛ.” 11Ale Simɔn Petro yi ɖakpe ɖe wo ŋu wohe lã la ɖe gota. Esi woxlẽ la gã siwo woɖe la, enɔ alafa ɖeka kple blaatɔ̃-vɔ-atɔ̃, gake ɖɔ la mevuvu o.

12Yesu gblɔ na wo be, “Azɔ, miva ɖu nu.” Ke wo dometɔ aɖeke mete ŋu bia ame si wònye o elabena woka ɖe edzi be Aƒetɔ lae. 13Yesu ma aboloa kple lã la na wo.

14Esia nye zi etɔ̃lia Yesu ɖe eɖokui fia nusrɔ̃lawo esi wòfɔ tso ame kukuwo dome.

Yesu gbugbɔ Petro ɖo te

15Esi woɖu ŋdinu vɔ la, Yesu bia Simɔn Petro bena, “Simɔn, Yohanes vi, èlɔ̃m wu ame siawoa?”

Petro ɖo eŋu nɛ be, “Ẽ, wò ŋutɔ ènyae bena nyemelɔ̃a nu gbɔwò o.”

Yesu gblɔ nɛ be, “Ekema kpɔ nye alẽawo dzi.”

16Yesu gabiae be, “Simɔn, Yohanes vi, elɔ̃m vavã?”

Petro ɖo eŋu be, “Ẽ, Aƒetɔ, wò ŋutɔ ènyae be nyemelɔ̃a nu gbɔwò o.”

Yesu gblɔ nɛ be, “Ekema kpɔ nye alẽawo dzi.”

17Yesu biae zi etɔ̃lia be, “Simɔn, Yohanes vi, èle lɔ̃yema?” Biabia etɔ̃lia sia ve Petro elabena Yesu biae zi etɔ̃lia be, “Èle lɔ̃yema?” Ke Petro ɖo eŋu be, “Aƒetɔ, wò ŋutɔ ènya nu sia nu eye ènyae be melɔ̃ wò.” Yesu gblɔ nɛ be, “Nyi nye alẽawo. 18Mele egblɔm na wò le nyateƒe me be esi nènye ɖekakpui la, wò ŋutɔ èdoa awu hedoa go yia afi si nèlɔ̃, gake ne èku amegã la, àkɔ wò abɔwo dzi, ame bubu ado awu na wò eye woakplɔ wò ayi afi si mèdi be yeayi o.” 19Yesu gblɔ nya sia nɛ bena wòatsɔ afia ku si ku ge wòala atsɔ kafu Mawu. Esi Yesu wu nya la nu la, egblɔ nɛ bena, “Dze yonyeme.”

Yesu kple eƒe nusrɔ̃la lɔlɔ̃ la

20Esi Petro trɔ la, ekpɔ nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka le eƒe megbe gbɔna. Nusrɔ̃la siae nye ame si nɔ Yesu ƒe axadzi tututu le nuɖuƒea hebiae be, “Aƒetɔ, mía dometɔ kae ade wò asi mahã?” 21Ale Petro bia Yesu be, “Ku ka tɔgbie li na ame sia ya?”

22Yesu ɖo eŋu nɛ bena, “Nenye be medi be woanɔ agbe va se ɖe esi magava la, wò nyae wònyea? Wò ya mebe dze yonyeme.”

23Ke nya sia kaka ɖe nɔvia nusrɔ̃la bubuwo dome bena, nusrɔ̃la sia mele kuku ge o. Ke menye nya siae Yesu gblɔ kura o ɖe ko wògblɔ bena, “Ne medi be wòanɔ agbe va se ɖe esi magava la, wò nyea?”

Agbalẽ la ƒe nuwunyawo

24Nusrɔ̃la siae nye esi Yesu lɔ̃na. Ekpɔ nu siawo katã teƒe tsitotsito eye wòŋlɔ wo da ɖi. Eye mí katã míenya be eƒe ɖaseɖiɖi tso nu siawo ŋu nye nyateƒe. 25Yesu wɔ nu bubu geɖewo hã kpe ɖe esiawo ŋu. Ne woaŋlɔ wo dometɔ ɖe sia ɖe ɖi la, mesusu be xexeame katã gɔ̃ hã malolo na agbalẽ siawo tsɔtsɔ o.

Copyright information for EweBEE